2 Chronicles 31:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Xizkiya ɖo nusiawo kple Lewi-viwo ƒe hawo. Nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo dome ɖesiaɖe le eƒe da nu ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, eye woasubɔ, woada akpe, eye woakafu le Yehowa ƒe asaɖa la ƒe agbowo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xizkiya ɖo nunɔlawo kple Levi viwo ƒe hawo, hatsotsohatsotso, eye hatsotso ɖe sia ɖe le eƒe dɔ nu ɖe numemevɔsa kple ŋutifafavɔsa ŋu. Woawoe asubɔ, ada akpe, eye woakafu le Aƒetɔ ƒe agbadɔwo ƒe agbowo nu.