2 Chronicles 31:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la tso eƒe kesinɔnuwo ƒe akpa ɖeka naɖe numevɔsa ŋu: numevɔsa le ŋdi kple fiẽ kple numevɔsa le dzudzɔgbe kple dzinu yeye kpakple ŋkekenyuiewo dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Yehowa ƒe se la me ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la na nu tso eya ŋutɔ ƒe kesinɔnuwo me be woatsɔ sa numemevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui ɖuɣiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi, abe ale si woŋlɔe ɖe Aƒetɔ ƒe se la me ene.