2 Chronicles 32:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo menye ɖe Xizkiya le mia ɖum, be wòana dɔ kple tsikɔ nawu mi miaku, esi wòle gbɔgblɔm be: Yehowa, mía Mawu, aɖe mí tso Asur-fia si me oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xizkiya le mia blem be, Aƒetɔ, mia Mawu la, aɖe mi tso nye Asiria-fia si me. Ðeko dɔ kple tsikɔ awu mi miaku.