2 Chronicles 32:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Xizkiya megable mi, eye wòaganɔ mia flum alea o, eye migaxɔ edzi se o, elabena dukɔ kple fiaɖuƒea ɖeke ƒe mawua ɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso mía kple fofonyewo si me o, ʋuu keke ne miaƒe mawuwo nahayi mia ɖe ge tso asinye me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta migana Xizkiya nable mi alo akplɔ mi trae o. Migaxɔ edzi se o. Dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke ƒe mawu aɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye kple tɔgbuinyewo si me kpɔ o. Miaƒe mawu la mate ŋu aɖe mi tso asinye me koŋ o.’ ”