2 Chronicles 32:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woŋlɔ agbalẽ hetsɔ ɖe alɔme le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, gblɔ ɖe eŋu bena: Abe alesi anyigba dzi dukɔwo ƒe mawuwo meɖe woƒe dukɔwo tso asinye me o ene la, nenema ke Xizkiya ƒe Mawu hã maɖe eƒe dukɔ atso asinye me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asiria-fia ŋlɔ agbalẽ hã ɖe alɔ me le Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu gblɔ ɖe eŋu be: “Ale si dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖee tso asinye me kpɔ o la, nenema ke Xizkiya ƒe mawu hã mate ŋu aɖe eƒe dukɔ tso asinye mee o.”