2 Chronicles 32:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wodo ɣli sesĩe le Yuda-gbe me ɖo ɖe Yerusalemtɔ, siwo le glia dzi, ne woade vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo, eye woaxɔ du la;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodo ɣli sesĩe le Yuda-gbe me be yewoatsɔ de vɔvɔ̃ lã me na ame siwo le glia dzi le Yerusalem aɖe dzi le wo ƒo, ale be woate ŋu axɔ du la.