2 Chronicles 32:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa dɔ dɔlaa ɖe ɖa wòva tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpe. Eye esi wòyi eƒe mawuwo ƒe me la, eya ŋutɔ ƒe alimeviwo va dzae kple yi ɖe afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ dɔ dɔla aɖe ɖa wòva wu asrafoawo kple aʋakplɔlaawo keŋ le Asiria ƒe asaɖa la me. Ale Asiria-fia tsɔ ŋukpe gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi. Esi wòge ɖe eƒe mawu ƒe aƒeme la, eya ŋutɔ ƒe alimevi aɖewo va dzae wu kple yi ɖe afi ma.