2 Chronicles 32:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egla eɖokui, eye wòdɔ gli la ƒe gbagbãƒewo katã do, etu xɔ tsralawo de wo dzi, eye wòɖo gli bubuwo ɖe egodo, eɖo gli ɖe Dawid-du la ƒe Milo ŋu, eye wòwɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo kpaŋkpaŋ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la dzra ɖo ɖe wo ŋu. Eɖɔ glia ƒe gbagbãƒewo katã ɖo, tu gbetakpɔxɔwo ɖe wo dzi, eye wòɖo gli bubu ɖe xoxotɔ godo. Eɖo gli ɖe David ƒe du la ƒe Milo la ŋu, eye wòna wowɔ aʋawɔnuwo kple akpoxɔnuwo fũu.