2 Chronicles 34:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Miyi miabia Yehowa nam kple Israel kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa trɔ eƒe dɔmedzoe kɔ ɖe mía dzi elabena mía fofowo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi o. Womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miyi ɖabia nu ɖe mía kple Israel kple Yuda ƒe ame susɔeawo ta le agbalẽ, si wòfɔ la me nyawo ŋuti. Elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si va mía dzi la, nu sẽ ŋutɔ, le esi mia fofowo melé Yehowa ƒe nyawo me de asi, eye womewɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Miyi ɖabia nu ɖe nye kple ame siwo susɔ le Israel kple Yuda la nu, le agbalẽ si wofɔ la me nyawo ŋuti. Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe si va mía dzi la nu sesẽ ŋutɔ elabe mía tɔgbuiwo melé eƒe nyawo me ɖe asi o, eye womewɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o.”