2 Chronicles 34:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Xilkiya kple amesiwo fia la dɔ la, woyi nyɔnu-nyagblɔɖila Xulda, amesi nye Salum, si nye Tokhat vi, amesi nye Xasra vi, eye wònye awudzikpɔla, srɔ̃ la gbɔ le dua ƒe to evelia le Yerusalem, eye woƒo nu kplii alea.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Xilkiya kple fia ƒe ameawo yi nyɔnugbeƒãɖela Xulda si nye Salum srɔ̃ la gbɔ. Enɔ Yerusalem ƒe to evelia me. Salum nye Tikva vi henye Xasra ƒe tɔgbuiyɔvi. Eyae kpɔa gbedoxɔmewuwo dzi. Woɖagblɔ nya la na nyɔnua.