2 Chronicles 34:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la. Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, maɖo wò ɖe fofowòwo gbɔ, eye woaɖi wò ɖe yɔ me le ŋutifafa me, eye wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mahe ava nɔƒe sia kple eme nɔlawo dzi la ƒe ɖeke o. Eye wohe nya la vɛ na fia la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò la, tohehe si mahe va teƒe sia kple emenɔlawo dzi la, makpɔ eteƒe o, elabe mana nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ ado ŋgɔ. Aku woaɖi le ŋutifafa me.’ ” Amedɔdɔawo he gbedeasia vɛ na fia la.