2 Chronicles 34:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple Levitɔwo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la, Yuda-ŋutsuwo katã kple Yerusalemtɔwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple dukɔ blibo la, tsitsiwo kple ɖeviwo siaa, woyi Yehowa ƒe aƒe la me, eye woxlẽ nubabla ƒe agbalẽ, si wofɔ le Yehowa-ƒe me la me nyawo katã ɖe woƒe towo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la, Yudatɔwo katã, Yerusalemnɔlawo keŋ, nunɔlawo, Levi viwo, dukɔ blibo la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, woyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me. Fia la tsi tsitre xlẽ nubablagbalẽ si wofɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la me nyawo na wo wose ɖe to me.