2 Chronicles 34:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esime wòklɔ anyigba kple aƒea ŋu la, edɔ Safan, Azalya vi, kple dumegã Maaseya kpakple Yoax, Yoaxaz vi, amesi nye fia ƒe tsiami la ɖa, be woaɖɔ Yehowa, ete Mawu ƒe aƒe la ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yosiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me, esime wòɖe nu gbegblẽwo ɖa le anyigba la kple xɔa me vɔ la, edɔ Safan, Azalya vi kple dua dziɖula Maaseya kpakple Yoax, fia ƒe agbalẽŋlɔla Yoaxaz vi ɖa be woaɖadzra Aƒetɔ, Mawu la ƒe aƒe la ɖo.