2 Chronicles 35:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖe numevɔsawo hetsɔ na dukɔ hahoo la ƒe aƒekɔwo ƒe hawo, ne woatsɔ wo asa vɔe na Yehowa, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe agbalẽ me ene. Alea wowɔ nyiawo hãe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖe numemevɔsalã la ɖe aga be woama na ameawo ɖe woƒe ƒomewo nu, ne woatsɔ sa vɔ na Aƒetɔ, abe ale si wogblɔ be woawɔe le Mose ƒe sea me la ene. Wowɔ nyitsuawo hã nenema.