2 Chronicles 35:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Hadzilawo, siwo nye Asaf viwo, le wò nɔƒe le Dawid kple Asaf. Heman kple fiaƒe nukpɔla Yedutun ƒe sedede nu; eye agbonudzɔlawo le agbo sia agbo nu, womedzo le woƒe da nu o, elabena wo nɔvi, Lewi-viwo, ɖa nu na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe dzidzimeviwo la le woƒe teƒe abe ale si David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia ƒe nukpɔla ɖo na wo lae ene. Nenema ke agbonudzɔlawo le agbo sia agbo nu. Womekpɔ mɔ adzo le woƒe dɔdeasi gbɔ o, elabe wo nɔvi Levi viwo ɖa nu na wo.