2 Chronicles 35:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale woɖo Yehowa ƒe subɔsubɔ blibo lae gbemagbe, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la, eye wosa numevɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, abe alesi fia Yosiya de se ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aleae wowɔ ɖoɖo ɖe Aƒetɔ ƒe subɔsubɔdɔ blibo la ŋu gbe ma gbee. Woɖu Paska la, eye wosa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si fia Yosiya ɖe gbe be woaɖui la ene.