2 Chronicles 35:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia tɔgbe le Israel tso nyagblɔɖila Samuel ŋɔli kpo o, eye Israel-fiawo katã meɖu ŋutitotoŋkekenyuie, abe esi Yosiya kple nunɔlawo kple Lewi-viwo, Yuda blibo la kple Israel, si va, kpakple Yerusalemtɔwo ɖu la ene o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tso Mawu ƒe gbeƒãɖela Samuel ŋɔli va se ɖe ɣe ma ɣi kpa womeɖu Paska aɖeke alea kpɔ o. Israel-fia siwo katã do ŋgɔ na Yosiya la dometɔ aɖeke meɖu Paska aɖeke abe esi Yosiya, nunɔlawo, Levi viwo, Yuda-dukɔ bliboa kple Israelvi siwo va kpakple Yerusalemnɔlawo ɖui la ene o.