2 Chronicles 35:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòdo amewo ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Yuda-fia, nya ka le mia kpli wò dome? Menye ŋuwòe meho ɖo egbea o, ke boŋ ɖe aƒe, si mía kplii míele aʋa dzi la ŋu, eye Mawu be, mawo kaba. Eyata ɖe asi le Mawu, si li kplim la ŋu, ne magagblẽ wò o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Nexo dɔ ame ɖee be: “O, Yuda-fia, nya kae le nye kple wò dome? Menye wò ŋu meho ɖo fifia o, boŋ fiaɖuƒe si mía kplii míele aʋa dzi la ŋu ye, eye Mawu be mawɔ kaba. Megatsi tsitre ɖe Mawu, ame si li kplim la ŋu ne wòava atsrɔ̃ wò o.”