2 Chronicles 35:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yosiya metrɔ kɔ le eŋu o, ke boŋ edze avu, be yeawu aʋa kplii, eye meɖo to Nexo ƒe nyawo le Mawu ƒe nya la nu o, eye wòva aʋa wo ge le Megido-bali la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yosiya metrɔ dzo o. Meɖo to Nexo ƒe nya si Mawu gblɔ nɛ la o, ke boŋ edze avu be yeaɖakpe aʋa kplii le Megido-bali la me.