2 Chronicles 35:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yeremya kpa konyifaha le Yosiya ŋu, eye hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo katã dzi Yosiya le woƒe konyifahawo me, eye wòzu kɔnu na Israel vaseɖe egbe; kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe konyifahawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yeremya kpa konyifaha na Yosiya, eye ŋutsuhadzilawo kple nyɔnuhadzilawo siaa dzi konyifaha na Yosiya, eye esia zu kɔnu le Israel va se ɖe egbe. Woŋlɔ ha siawo ɖe Konyifahawo ƒe agbalẽ me.