2 Chronicles 35:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na Lewi-viwo, amesiwo fiãa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Yehowa la bena: Mitsɔ aɖaka la yi xɔ, si Dawid vi Salomo, Israel-fia, tu la me, eye migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Eyata misubɔ Yehowa, mia Mawu la, kple eƒe dukɔ Israel ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na Levi viwo, ame siwo fiaa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Aƒetɔ la be: “Mitsɔ aɖaka kɔkɔe la ɖada ɖe xɔ si Salomo, Israel-fia David vi la tu la me. Migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Azɔ misubɔ Aƒetɔ, mia Mawu la kple eƒe dukɔ Israel.