2 Chronicles 35:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade (2,600) kple nyitsu alafa etɔ̃ (300) abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye eƒe amegãwo na nu dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo faa. Xilkiya kple Zaxarya kpakple Yexiel, amesiwo nye Mawu ƒe aƒe la ƒe amegãwo la, tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe eve kple alafa ade kple nyi alafa etɔ̃ na nunɔlawo ɖe ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsa la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe dumegãwo hã na lɔlɔ̃nununana dukɔa, nunɔlaawo kple Levi viawo faa. Xilkiya, Zaxarya kple Yexiel, ame siwo nye Mawu ƒe aƒe la dzikpɔlawo la na alẽvi kple gbɔ̃vi akpe eve kple alafa ade kple nyitsu alafa etɔ̃ nunɔlaawo.