2 Chronicles 35:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ (5,000) kple nyitsu alafa atɔ̃ (500) Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Xananya kple via Semaya kple Netaneel, Xasabya, Yeiel kple Yozabad, amesiwo nye Lewi-viwo ƒe amegãwo la, tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe atɔ kple nyi alafa atɔ̃ na Lewi-viwo ɖe ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsa la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Xananya, Semaya, Netaneel kple nɔviawo kple Xasabya, Yeiel kpakple Yozabad, ame siwo nye Levi viwo ƒe tatɔwo la na alẽvi kple gbɔ̃vi akpe atɔ̃ kple nyitsu alafa atɔ̃ Levi viwo hena ŋutitotovɔsawo.