2 Chronicles 36:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ƒe trɔ la, Nebukadnezar dɔ woɖakplɔe, lɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, va Babilon. Etsɔ nɔvia ŋutsu Zedekiya ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.