2 Chronicles 36:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Edze aglã ɖe fia Nebukadnezar, amesi na wòta Mawu nɛ la hã ŋu, esẽ ʋu me, eye wosẽ eƒe ta me, ale be metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zedekiya dze aglã ɖe Nebukadnezar, ame si na wòtà Mawu nɛ be yeawɔ nuteƒe la ŋu. Etri to, sẽ dzime, eye wògbe be yematrɔ ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu o.