2 Chronicles 36:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖo eƒe amedɔdɔwo ɖe wo enuenu elabe eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la wɔ nublanui nɛ.