2 Chronicles 36:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke woɖe alɔ me le Mawu ƒe amedɔdɔawo ŋu, do vlo eƒe nyaawo, eye woɖu fewu le gbeƒãɖelaawo ŋu, va se ɖe esime Aƒetɔ va do dɔmedzoe ɖe eya ŋutɔ ƒe dukɔ la ŋu vevie ale gbegbe be womete ŋu tsi enu o.