2 Chronicles 36:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ Babilonia fia ƒu wo, ame si wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le Kɔkɔeƒe la eye meve ɖekakpuiwo loo alo ɖetugbiwo, ametsitsi loo alo amegãɖeɖi nu o. Mawu tsɔ wo katã de asi na Nebukadnezar.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ kplɔ Kaldea-fia vɛ wòho aʋa ɖe wo ŋu. Ewu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le aƒe la ƒe kɔkɔeƒe la me. Mekpɔ nublanui na ɖekakpui alo ɖetugbi, ame tsitsi alo amegãɖeɖi o; etsɔ wo katã de asi nɛ.