2 Chronicles 36:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋa Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi eye wòade gbeƒãɖeɖe sia nuŋɔŋlɔ me be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la, — bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa ɖo Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Kores, Persia-fia ƒe ƒè gbãtɔ me la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to eƒe gbeƒãɖela Yeremya dzi la va eme. Aƒetɔ nyɔ Kores, Persia-fia ƒe gbɔgbɔ be wòaɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòana woaŋlɔ agbalẽ atu edzi be: