2 Chronicles 36:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu si Sirus, Persia fia, gblɔe nye, “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dziɖuɖu de asi nam eye wotiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe ame eye wole mia dome la, Yehowa, woƒe Mawu la nanɔ kpli wo eye wòana woadzo ayi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi, eye Yehowa, eƒe Mawu la, anɔ kplii!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“ ‘Kores, Persia-fia, be: ‘Aƒetɔ, Dziƒo Mawu la tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòɖoe nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem si le Yuda la. Ame sia ame si nye eƒe dukɔmevi le mia dome la, Aƒetɔ, eƒe Mawu nenɔ kplii. Mina ne wòayi!’ ”