2 Chronicles 36:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya kple eƒe wɔna mamlɛawo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yoyakim ŋutinya susɔeawo, ŋu-nyɔnu, siwo wòwɔ, kple vɔ̃diwɔwɔ, siwo wokpɔ le eŋu la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo kple Yuda-fiawo ƒe agbalẽ me; eye via Yoyaxin zu fia ɖe eteƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛawo, ŋunyɔnu siwo wòwɔ kple nuvɔ̃ɖi si wokpɔ le eŋu la, woŋlɔ wo ɖe Israel kple Yuda fiawo Ŋutinyagbalẽ la me. Via Yehoyakin zu fia ɖe eteƒe.