2 Chronicles 4:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ hã le dziehe gome na gazɔ gã la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu dɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòwɔ gagba ewo; etsɔ wo ame atɔ̃ ɖo ɖusi me, eye wòtsɔ wo ame atɔ̃ ɖo mia me, esiwo me woaklɔ nuwo ɖo; woawo me woakpala numevɔsa ƒe lãwo ɖo, ke gazɔ la li, bena nunɔlawo nale tsi ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewɔ gagba ewo siwo me woaklɔ nuwo le. Etsɔ atɔ̃ ɖo gbedoxɔa ƒe anyigbeme, eye wòtsɔ atɔ̃ hã ɖo dzigbeme. Woawo me woaklɔ numemevɔsalãwo le. Gazɔ la li be nunɔlawo nale tsi le eme.