2 Chronicles 5:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye Lewi-viwo, siwo nye hadzilawo katã, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo do aklalawu, wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka kple blave le kpẽ kum le wo gbɔ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye Levi vi siwo nye hadzilawo katã: Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo le aklala biɖibiɖi wuwo me. Wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome. Nunɔla alafa ɖeka kple bla eve siwo nye kpẽkulawo la le wo gbɔ.