2 Chronicles 5:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be, “Eƒe dɔme nyo; eye eƒe amenuveve li tegbee.” Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpẽkulawo kple hadzilawo lé ha la ɖekae kple gbe sɔsɔe hele Aƒetɔ kafum, le akpe dam nɛ kple kpẽawo kple gakogoeawo kpakple hadzinuawo sesĩe. Wokafu Aƒetɔ be: “Eƒe dɔme nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ matrɔ li tegbee.” Tete alilikpo yɔ xɔ la, Aƒetɔ ƒe xɔ blibo la taŋ,