2 Chronicles 5:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Salomo ƒo ƒu Israel-dukɔ ƒe ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo kple Israel-ƒomeawo ƒe tatɔwo katã ɖe Yerusalem, ne woaɖakɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka tso David ƒe du si nye Zion la me vɛ.