2 Chronicles 5:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖada ɖe eteƒe le Kerubiwo ƒe aʋalawo te le xɔ la ƒe megbexɔ, si nye kɔkɔeawo ƒe kɔkɔeƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete nunɔlaawo kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le kerubiawo ƒe aʋala te le megbexɔ si nye kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la me.