2 Chronicles 6:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Do ŋgɔ la, Salomo tsɔ akɔbli wɔ tsitretsiƒe si kɔ dzi la ɖe xɔxɔnua titina. Edidi meta eve kple afã, eye wòkeke meta eve kple afã. Ekɔ meta ɖeka kple afã. Eya dzie wòlia hedze klo le Israelviwo ƒe ha blibo la ŋkume, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo