2 Chronicles 6:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe ta dzi; ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ nɛ le eƒe dzɔdzɔenyenye nu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema see le dziƒo, ne nàdrɔ̃ nyaa na wò dɔlawo. Bu fɔ ame si tɔ medzɔ o, ne nàhe to nɛ, eye nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, eye nàwɔ nɛ abe ale si dzee la ene.