2 Chronicles 6:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ekema see le dziƒo eye nàtsɔ wò dɔla siwo nye wò dukɔ Israelviwo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbemɔ nyuitɔ wo eye nàdɔ tsidzadza ɖe anyigba si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye eƒe domenyinu la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nafia mɔ nyui, si dzi woazɔ la wo, eye nana tsi nadza ɖe wo anyigba, si nètsɔ na wo dukɔ wònye woƒe domenyinu la dzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema nàsee le dziƒo. Tsɔ wò dɔlawo, wò dukɔ Israel, ƒe nuvɔ̃ ke. Nàfia ale si woanɔ agbe nyui la wo, eye nàna tsi nadza ɖe wò anyigba si nètsɔ na wò dukɔ abe domenyinu ene la dzi.