2 Chronicles 6:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ale be woavɔ̃ wò eye woazɔ le wò mɔwo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me le anyigba si nèna mía fofowo la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne woavɔ̃ wò, eye woazɔ wò mɔwo dzi ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mía fofowo la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale woavɔ̃ wò, eye woawɔ wò nya dzi le woƒe agbenɔɣi katã le anyigba si nètsɔ na mía tɔgbuiwo la dzi.