2 Chronicles 6:41 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ la, Yehowa Mawu, tso eye nàge ɖe wò gbɔɖemeƒe sia, afi si woda wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la ɖo. Oo Yehowa Mawu, na wò nunɔlawo nakpɔ ɖeɖe eye wò ame kɔkɔewo nakpɔ dzidzɔ ɖe wò amenuveve ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Yehowa Mawu, mia kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso, ne miayi ɖe wò gbɔɖemeƒe la! Yehowa Mawu, wò nunɔlawo nado xɔxɔ, eye wò ame dzɔdzɔewo nakpɔ dzidzɔ le nu nyuiwo ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ, O Aƒetɔ, Mawu, tso nàyi wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ nubablaɖaka! O Aƒetɔ, Mawu, nàdo xɔxɔ na wò nunɔlawo abe awu ene. Na wò ame kɔkɔewo natso aseye le wò nu nyui wɔwɔ ŋu.