2 Chronicles 7:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Solomo wu Yehowa ƒe gbedoxɔ kple fiasã la tutu kple nu siwo katã wòɖo ɖe ta me be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple eya ŋutɔ ƒe fiasã me nu la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Salomo wu Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ nu vɔ la, — nusianu, si Salomo ɖo ɖe ta me le Yehowa ƒe aƒe kple eya ŋutɔ ƒe aƒe ŋu la, ewɔe dedie —
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Salomo wu Aƒetɔ ƒe aƒe la kple fiasã la nu, eye wòwɔ nu sia nu si wòdi be yeawɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la kple eya ŋutɔ ƒe aƒe la me vɔ pɛpɛpɛ.