2 Chronicles 7:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔlawo nɔ tsitre ɖe woƒe dɔwɔƒewo le esime Levitɔwo nɔ woƒe akpedahawo dzim be, “Eƒe amenuveve li tegbee” kpe ɖe haƒonu siwo Fia David ŋutɔ wɔ eye wòna wowɔa wo ŋu dɔ hena Yehowa kafukafu ŋuti. Esi nunɔlaawo ku kpẽawo la, Israel ƒe ameha blibo la tsi tsitre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔlawo le tsitre ɖe wo nɔƒe, Levi viwo lé Aƒetɔ ƒe hadzinu siwo David, fia la, wɔ la ɖe asi bene woatsɔ David ƒe kafukafuha ada akpe na Aƒetɔ elabe eƒe amenuveve li tegbee! Nunɔlawo le hadzilawo kasa le kpẽ kum esime ameha blibo la le tsitre nu.