2 Chronicles 7:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Salomo kple Israel blibo la ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi ŋkeke adre; ameha gãa ɖe va tso Xamat vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Salomo kple Israel blibo la ɖu ŋkekenyui la ŋkeke adrẽ sɔŋ, eye ame geɖe ŋutɔ va tso Xamat-dodonu va se ɖe Egipte-tɔʋua nu.