2 Chronicles 8:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Salomo kplɔ Farao vinyɔnu la tso Dawid ƒe du la me yi xɔ, si wòtu nɛ la me, elabena egblɔ be: Srɔ̃nyea ɖeke manɔ Israel-fia Dawid ƒe me o, elabena kɔkɔeƒe wònye, le esi Yehowa ƒe aɖaka la va afima ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Salomo kplɔ srɔ̃a, Egipte Fiagã ƒe vinyɔnu tso David ƒe du la me va aƒe si wòtso nɛ la me, elabe egblɔ be: “Srɔ̃nye aɖeke manɔ David Israel-fia ƒeme o, elabe teƒe si Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la va la, teƒe kɔkɔe wònye.”