2 Chronicles 8:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abe ale si Mose ƒe se la ɖoe ɖi ene la, esaa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke, dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ƒea ƒe Ŋkeke Nyui ɖoɖi etɔ̃awo dzi. Esiawoe nye: Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui, Kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui kple Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui.