2 Chronicles 8:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɖoɖo si tɔ́a David wɔ ɖi nu la, Salomo ma nunɔlawo ɖe hatsotsowo me hena woƒe subɔsubɔdɔ. Ema Levi viwo hã ɖe hatsotsowo me be ɖewo akafu, eye ɖewo asubɔ kple nunɔlawo le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, eye bubuwo nanye agbonudzɔlawo adzɔ agbo ɖe sia ɖe nu le hatsotsoawo me. Ewɔ esia elabe aleae David, Mawu ƒe ame la gblɔe.