2 Chronicles 8:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Etso Dzigbe-Bet-Xoron kple Anyigbe-Bet-Xo-ron wonye du sesẽwo, siwo ŋu woɖo gli ɖo, eye agbo kple gameti le wo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etso Dzigbe Bet-Xoron kple Anyigbe Bet-Xoron wonye du sesẽ siwo woɖo gli ƒo xlã, eye agbo kple gameti le wo nu.