2 Chronicles 8:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu;
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Salomo metso Israel-viwo dometɔa ɖeke wo kluvii ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu o, ke boŋ woawo nye eƒe aʋawɔlawo tatɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe amegãwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Israel ƒe dzidzimeviwo ya la, Salomo mewɔ wo dometɔ aɖeke kluvii le eƒe dɔme o. Woawoe nye asrafowo, tatɔwo, tasiaɖam kple sɔdolawo ƒe amegãwo.