2 Chronicles 9:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Seba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi la, eva Yerusalem kple ameha gãa ɖe kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe, sika geɖe kple kpe xɔasiwo la, be yeatsɔ adzototo ado Salomo akpɔ, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Seba-fianyɔnu se ale si Salomo ŋkɔ ɖii la, eva Yerusalem be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽwo. Eva kple eŋume geɖe fũu ŋutɔ kple kposɔ siwo tsɔ atike ʋeʋẽe, sika geɖe kple kpe xɔasiwo. Esi wòva Salomo gbɔ la, eƒo nu kplii le nya siwo katã le susu me nɛ la ŋu.